Hiob

Chapter 25

1 Bildad, Suhitɔ ɖo eŋu nɛ be,

2 "Dziɖuɖu kple ŋɔdzi nye Mawu tɔ, eyae ɖo ɖoɖo anyi ɖe dziƒo ƒe kɔkɔƒewo.

3 Ɖe woate ŋu axlẽ eƒe aʋakɔwoa? Ame ka tame eƒe kekeli meklẽ ɖo o?

4 Ekema aleke amegbetɔ anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkume? Aleke amegbetɔ, nyɔnu tɔ dzidzia, anɔ dzadzɛe?

5 Ne ɣleti ƒe keklẽ menye naneke nɛ o eye ɣletiviwo hã medza le eŋkume o la,

6 aleke amegbetɔ si nye ŋɔvi kple ame vi si nye ŋɔ la ayi nane nye ge le eŋkume!"