Psalmowo

Chapter 11

1 Yehowae mesi tso. Aleke miele gbɔgblɔm nam be, "Dzo abe xevi ene nàyi ɖe wò to dzi?

2 Elabena kpɔ ɖa, ame vɔ̃ɖiwo he woƒe da me; wotsɔ woƒe aŋutrɔwo ɖo datikawo ŋuti be woada ame siwo dza le woƒe dzi me la le blukɔ me.

3 Esi wole gɔmeɖokpeawo gbãm la, nu ka dzɔdzɔetɔ la awɔ?"

4 Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me; Yehowa le eƒe fiazikpui dzi le dziƒo. Elé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu, eye wòdo wo kpɔ.

5 Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ tsri ame vɔ̃ɖiwo kple ame siwo lɔ̃a ŋutasesẽ.

6 Ana dzoka xɔxɔ kple aŋɔ dzodzoe nadza ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye ya xɔdzo anye wo tɔ gome.

7 Elabena Yehowae nye dzɔdzɔetɔ, elɔ̃a nuteƒewɔwɔ; ame siwo dza le woƒe dzi me la akpɔ eƒe ŋkume.