Psalmowo

Chapter 75

1 O! Mawu, míeda akpe na wò, míeda akpe na wò, elabena wò ŋkɔ tsɔ ɖe mía gbɔ, eye amewo le wò nukunuwo xlẽm fia.

2 Ègblɔ be, "Meɖo ɣeyiɣi da ɖi, elabena nyee adrɔ̃ ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye me.

3 Ne anyigba kple edzinɔlawo ʋuʋu kpekpekpe la, nyee léa eƒe sɔtiwo ɖe asi sesĩe. Sela

4 Megblɔ na ɖokuiŋudzelawo be, ‘Midzudzɔ dada,’ eye na ame vɔ̃ɖi be, ‘Mègakɔ wò dzo ɖe dzi o.

5 Mègakɔ wò dzowo ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu o, eye mègahe ve hafi nànɔ nu ƒom o.’ "

6 Dodoɖedzi metsoa ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe alo gbegbe vana na ame o,

7 ke boŋ Mawue nye afiatsola, eɖea ame sia le zi dzi, eye wòdoa ame kemɛ ɖe dzi.

8 Kplu aɖe le Yehowa ƒe asi me, wain si lɔ fu ɖe nu, eye wotsɔ nu ʋeʋĩ tɔtɔe la le eme; ekui na ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi, wonoe, no ahaƒã si le egɔme la hã ƒiaƒiaƒia.

9 Ke nye la, manɔ esia gblɔm ɖaa be; madzi kafukafuha na Yakob ƒe Mawu la;

10 maŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzowo, ke woado ame dzɔdzɔewo ƒe dzowo ɖe dzi.