Psalmowo

Chapter 124

1 Ne menye Yehowae le mía dzi o la, Israel negblɔ be,

2 "Ɖe menye Yehowae le mía dzi o la, esi amegbetɔwo tso ɖe mía ŋu,

3 eye woƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu la, anye ne womi mí agbagbee,

4 anye ne tsi ɖe mí hesi to mía dzi,

5 anye ne tɔ dzeagbowo kplɔ mí dzoe."

6 Woakafu Yehowa, ame si meɖe mɔ be woavuvu mí kple woƒe aɖu o.

7 Míesi abe xevi si do le mɔtrela ƒe mɔka me la ene; mɔka la tso, eye míesi dzo.

8 Míaƒe xɔname le Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla la gbɔ.