Chapter 87
1 Eɖo eƒe agunu anyi ɖe to Kɔkɔe la dzi.
2 Yehowa lɔ̃ Zion ƒe agbowo wu Yakob ƒe nɔƒewo katã.
3 O! Mawu ƒe du, wogblɔ nu nyui geɖewo tso ŋuwò. Sela
4 "Maŋlɔ Rahab kple Babilon ƒe ŋkɔ ɖe ame siwo nyam la dome, nenema kee nye Filistia kple Tiro hekpe ɖe Kus ŋuti, magblɔ be, ‘Wodzi esia le Zion.’ "
5 Vavã, woagblɔ le Zion ŋu be, "Wodzi esia kple ekemɛ le afi ma, eye Dziƒoʋĩtɔ la ŋutɔ aɖo egɔme anyi."
6 Yehowa aŋlɔ ɖe dukɔwo ƒe agbalẽ me be, "Wodzi esia le Zion." Sela
7 Ne wole ha dzim la, woadzi ha be, "Nye agunuwo katã le mewò."
